Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 21:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Etsɔ yayra, siwo nye nu nyuiwo, va kpee, eye néɖɔ sikafiakuku ɖe la nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 21:4
15 Referans Kwoze  

kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname.


Wò nublanuikpɔkpɔ neva dzinye, ne mana agbe, elabena wò se la enye nye dzidzɔ.


Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.


Nye luʋɔ nenɔ agbe, ne wòakafu wò, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nekpe ɖe ŋunye.


Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Madzra nye amenuveve do nɛ tegbee, eye nye nubabla ali di nɛ.


Yaseɖe ɣekaɣi mana ŋugble dem le ɖokuinye me, eye nuxaxã anɔ nye dzi me gbesiagbe? Vaseɖe ɣekaɣi nye futɔ akɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye?


Eye woƒe ʋu agbugbɔ ava Yoab kple eƒe dzidzimeviwo ƒe ta dzi tegbee; ke ŋutifafa atso Yehowa gbɔ ava Dawid kple eƒe dzidzimeviwo kple eƒe aƒe kpakple eƒe fiazikpui la dzi tegbee.


Ke woayra Salomo va, eye Dawid ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ŋku me tegbee.


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Eyama atu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la, eye atsyɔ̃ anɔ eŋu, abɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, eye ŋutlfafa anɔ woa kple eve la dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite