Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 20:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ame meawo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖam kple sɔwo ŋu, ke míawo míeyɔa Yehowa, mía Mawu la, ƒe ŋkɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 20:8
17 Referans Kwoze  

Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.


Nye futɔ, meganɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ŋunye, o; elabena ne medze anyi la, magafɔ, eye ne mebɔbɔ nɔ viviti me la, Yehowa ye nye nye kekeli.


Yehowa, alea wò futɔwo katã atsrɔ̃ enye si! Ke amesiwo lɔ̃nɛ la le, abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene. Eye anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.


Tete woho kple woƒe aʋakɔwo katã kple sɔwo kpakple tasiaɖam geɖewo; wosɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Dawid gblɔ na, Filistitɔ la bena: Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nède alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.


Edo vlo Aƒetɔ la to wò dɔlawo dzi gblɔ bena: Metsɔ nye tasiaɖam gbogboawo va toawo ta me kple Libanon ƒe tsutsuẽ aƒe, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, azɔ mege ɖe eƒe nɔƒe kɔkɔwo kple eƒe abɔmeti dodowo gbɔ;


Tete Asa yɔ Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena: Yehowa, amea ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò, si axɔ na ame le ame kako kple ame beli ƒe aʋawɔwɔ me o. Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, elabena wòe miede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔa ɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o.


Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si.


Elabena ŋu le kpeyem be, mabia aʋakɔ kple sɔdolawo le fia si, ne woaxɔ na mí tso futɔvvo si me le mɔta, elabena míegblɔ na fia la bena: Mía Mawu ƒe asi le amesiwo katã dinɛ la dzi hena woƒe nyonyo, ke eƒe ŋusẽ kple dziku le amesiwo katã gblẽnɛ di la dzi.


Fia ƒe dziɖuɖu mele aʋakɔ kpaŋkpaŋ me o, eye ŋusẽ geɖe meɖea kalẽtɔ o.


Ne eɖó dziɖuɖu teƒe la, sɔ mele ɖeke me o, eye eƒe ŋusẽ la hã meɖea ame o.


Míaƒe xɔname le Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ŋkɔ me.


Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu, ke Yehowa si mee dziɖuɖu le.


Asur mate ŋu axɔ na mí o, míagado sɔwo o, eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔ be mía Mawu azɔ o, elabena gbɔwò nublanuikpɔkpɔ le na tsyɔ̃eviwe.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite