Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 2:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 2:6
21 Referans Kwoze  

Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame,


Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe


Wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo ƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me, dukɔwo dze anyi ɖe tewò.


Ayɔm be: Fofonye nènye, nye Mawu kple nye xɔname ƒe aga.


ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na.


Zion, si nye nyonyowo ƒe ta la, Mawu klẽ tso.


Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyea matsɔ sederti kɔkɔ ƒe ɖɔmee aɖado; wo tametɔwo ƒe alɔ fẽa ɖe maŋe aɖado ɖe to kɔkɔ gãa ɖe dzi.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite