Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 2:4
13 Referans Kwoze  

Aƒetɔ la le ekom, elabena ekpɔ be, eƒe ŋkeke li gbɔna.


Kpɔ ɖa, nya le dodom le wo nu blobloblo be: Amea ɖeke mehele esem o ɖe? Yi le woƒe nuyiwo dzi.


Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;


eyata nye hã mako nu le miaƒe dzɔgbevɔ̃e ŋu, eye maɖe alɔme, ne ŋɔdzi xa aƒe na mi,


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Mía Mawu le dziƒo, nusianu, si dze eŋu la, wòwɔna.


Ɖe nu vlo wɔlawo, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la, medze si esia oa?


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.


Ale Yehowa gblɔ ɖe eŋu enye si: Ɖetugbi, Zion vinyɔnu, ɖe alɔme le ŋuwo, eye wòke wò, Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta ɖe yowòme.


Ke wò, Yehowa, èle wo kom, eye nele alɔme ɖem le dukɔwo katã ŋu.


Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite