Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 18:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu; towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 18:7
18 Referans Kwoze  

Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.


Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.


Meɖe ŋku ɖe towo, kpɔ ɖa, wole dzodzom kpekpekpe, kple ɖe togbɛwo katã, kpɔ ɖa, wole ʋaʋãm.


Yehowa, esi neho tso Seir, eye netsa to Edom-tagba la, anyigba ʋuʋu, dziŋgɔ ɖuɖu tsi, eye alilikpowo hã dza tsi;


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ.


Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.


Etɔ, eye anyigba ʋuʋu; eɖo ŋku anyi kpɔ nu, eye dzidzi ƒo dukɔwo, blema towo fe kpla, gbaɖegbe togbɛwo ŋe dze eme, eye wòzɔ blema mɔwo dzi.


Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.


Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.


Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me.


Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o, elabena amedzro menye le gbɔwò, eye amegbɔme menye abe fofonyewo katã ene.


Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòsa nye ɣlidodo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite