Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 18:2
18 Referans Kwoze  

nye amenuveve kple nye mɔ̃ sesẽ, nye sitsoƒe kple ɖelanye kpakple nye akpoxɔnu, si gbɔ mebe ɖo, amesi tsɔ nye dukɔ la ɖe tenye.


Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o!


eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nenye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.


Dzra wò dɔla ɖo tso dadalawo si me, ne womagaɖu aƒetɔ ɖe nanye o! Ekema fɔɖiɖi mana ŋunye o, eye madza tso vodada gãwo me.


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso.


Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.


Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la.


Eye wògagblɔ be: „Matsɔ nye ŋuɖoɖo aɖo edzi.“ Eye wògagblɔ be: „Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Mawu tso nam la, enye esi.“


edzraa dzɔgbenyuie vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, akpoxɔnu wonye na amesiwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,


Dawid tɔ. Yehowa, wò yɔm mele. Nye aga, megado tokum o, be ne èdo tokum la, ne manɔ abe amesiwo yi aʋli me la ene o!


Nye Mawu ava kpem kple eƒe amenuveve, Mawu ana nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi.


Ke nye la matsɔe aɖe gbe ƒãe tegbee, eye madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la.


Gama mana dzo nato ɖo na Dawid, eye matsɔ akaɖi bibi aɖo anyi na nye amesiamina la.


Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!


Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite