Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, se nye dzɔdzɔe, ɖo to nye ɣlidodo, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o la ŋuti!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 17:1
31 Referans Kwoze  

Yehowa, wòe mele ɣli dom na le gbɔgblɔm be: Wòe nye nye sitsoƒe kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.


Dawid tɔ na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Lɔlɔ̃tɔwo, ne míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo le mía si le Mawu ƒe ŋku me,


„Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.


Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


Dawid ƒe nufiameha, esime wònɔ agado me; gbedodoɖa.


Ŋutsu aɖe vɔ̃e tɔ megali ɖe anyigba dzi o; ŋutsu ŋutasẽla la dzɔgbevɔ̃e neyɔe ɖe nu kplikplikpli.


Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, ƒu to anyi, eye naɖo tom, elabena hiã tum, eye mede ahe.


Ke Mawu see, eye wòɖo to nye gbedodoɖa ƒe gbe.


Tso afia nam, Mawu, eye nawɔ nye dzre kple dukɔ malɔ̃ame la nam; ɖem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me!


Ekplɔm yi dogba dzi, eye wòɖem ɖo goe, elabena nye nu nyo eŋu.


Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo!


Azɔ nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu, eye nye towo anɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.


Yehowa, nye nyawo nede tome na wò, se nye hũɖeɖe,


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


Eɖem tso dukɔwo ƒe avuwɔwɔ me, ètsɔm ɖo anyigba dzi dukɔ wo ƒe laa, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.


ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.


Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe!


Mede blibo le eƒe ŋku me, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nye vodada ŋuti.


evɔ wònye nu madzɔmadzɔa ɖeke mele nye asiwo me o, eye alakpa mele nye gbedodoɖa me o hafi.


Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye nu me nyawo ŋu!


Mefa konyi, eye meɖe hũ le fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ, eye wòɖo to nye gbe.


Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu!


Yehowa, Mawu Zebaot, ɖo to nye gbedodoɖa, Yakob ƒe Mawu, see! Sela.


Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu!


Nye gbedodoɖa neva ŋkuwò me, eye naƒu to anyi de nye kokoƒoƒo ŋu!


Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò!


Dawid ƒe ha. Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye kokoƒoƒo ŋu, eye naɖo tom le wò nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye nu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite