Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 16:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 16:4
15 Referans Kwoze  

Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.


Migatra ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖi la, dome o, eye woƒe mawuwo ŋkɔ megava mia nu, alo miatsɔ wo aka atam o, migasubɔ wo, eye migade ta agu na wo o,


Ŋu nekpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã, amesiwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, mawuwo katã mede ta agu nɛ!


Ame vɔ̃ɖi kpɔa vevesese geɖe; ke amesi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, atsɔ amenuveve aƒo xlãe.


Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me.


Etia bali me kpe zɔzrɔ̃ewo na ɖokuiwo, woawoe nye wò gome; èƒo tsi ɖe anyi na wo, eye nèɖe dza na wo, ɖe mazi kpi akpa nusiawoa?


Viwo le nake fɔm, fofowo le dzo dom, eye nyɔnuwo le amɔwɔ blum, ne woatsɔ tɔ tatali na dziƒofianyɔnu, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo, ne woatsɔ do dziku nam.


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


Ke miawo, esi miegblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mieɖo kplɔ̃ na aklama, eye mieku aha tre banaa na dzɔgbe la,


Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu.


Tete Yakob tu dzesikpe, si enye ŋkuɖodzikpea ɖe, ɖe afisi wòƒo nu kplii le la, eye wòkɔ aha ɖe edzi, emegbe la ekɔ ami hã ɖe edzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite