Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 16:10
23 Referans Kwoze  

Woyi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye ku nye wo kplɔla; ame dzɔdzɔewo nyã avuzi le wo dzi le ŋdi, eye woƒe nɔnɔme nyunyɔ, elabena tsiẽƒe zu woƒe nɔƒe.


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.


Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.


Tsieƒe le to me ʋi dzo nyanyanya le ŋkuwò me, le esi neva do goe la ta; enyɔ ŋɔli, siwo nye anyigba dzi ŋusẽtɔwo katã le ŋkuwò me, ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe fiazikpuiwo dzi.


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


Nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le: Woƒãa nu le gbegblẽ me, eye woafɔe ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me;


Made ame kuku gbɔ le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa la me o.


Ne ame ku la, migasi blini ɖe ŋuti o, eye migatá nu ɖe ŋuti hã o. Nyee nye Yehowa!


Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye.


Ne woyi tsieƒe ke hã la, nye asi ahe wo tso afima, eye ne wolia dziƒo la, maɖiɖi wo ɖe anyi tso afima.


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Eyata tsieƒe ke eƒe ve me, eye wòke eƒe nu baa, eye Yerusalem ƒe atsyɔ̃, eƒe amehawo, eƒe howɔwɔ kple amesiwo kpɔa dzidzɔ le eme la, age ɖe eme.


Tsieƒe kple aʋli me maɖi ƒo akpɔ o; nenema amegbetɔ ƒe ŋku hã maɖi ƒoe o.


Tsiẽƒe kple aʋlime le nuvo le Yehowa ŋku me, ʋuu keke wòahayi amegbetɔtowo ƒe dzi nye ge!


Ne melia yi dziƒo la, èle afima, eye ne metsɔ tsiẽƒe wɔ mlɔnyeƒee ta, èle gama;


Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela.


Eka abe dziƒo ene, nuka woa nawɔ? Egoglo wu tsiẽƒe, nuka wòa nunya?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite