Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 148:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mikafui, mí dziƒo ƒe dziƒowo kple mi dziƒotametsiwo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui, eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 148:4
12 Referans Kwoze  

Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Eye Mawu wo alili la, eye wòmã tsi, si le alilia te, kple tsi, si le alilia ta me la dome. Eye wòva me nenema.


Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;


Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.


Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke.


amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu?


Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi.


Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.


Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu.


Eye Mawu gblɔ be: Alili nenɔ tsia titina, be wòanye dometsonu anɔ tsi kple tsi dome!


Ameka ŋu ŋusẽ le, ne wòatu xɔ nɛ? Elabena dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo nɛ o; ameka menye, ne mahayi xɔ tu ge nɛ; ɖe menye dzudzɔ ko mate ŋu ado le eŋku me oa?


Dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kpakple nusiwo katã ʋãna le eme, mikafui!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite