Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 146:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 146:5
17 Referans Kwoze  

Woayra dukɔ, si wòanɔ na alea! Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!


Elabena wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke!


Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.


Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Wole azɔli dzi, woƒe ŋusẽ le gã dom ɖe dzi, wova do ɖe Mawu ŋku me le Zion.


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Vavã, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene, eye ƒuƒu ŋu ko wòle zi dom ɖo; eli kɔ nu gleglegle, ke menya ameka si me wole yiyi ge ɖe o.


Eyome egblɔ be: Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu. Tete Mose tsɔ nu tsyɔ mo, elabena ele Mawu kpɔkpɔ yɔm.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.


Ame meawo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖam kple sɔwo ŋu, ke míawo míeyɔa Yehowa, mía Mawu la, ƒe ŋkɔ.


Yehowa Zebaot li kpli mi Yakob ƒe Mawu la nye mɔ̃ sesẽ na mi! Sela.


Amesi léa to de nya ŋu la, eƒe esi sua nyui dzi; amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woayrae!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite