Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 146:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o, eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea, si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 146:3
11 Referans Kwoze  

Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?


Mawu, ɖe menye wòe gbe mi oa, Mawu, eye mèho kple míaƒe aʋakɔwo oa?


Eye Yesaya gblɔ na wo bena: Ale miaɖagblɔ na miaƒe aƒetɔ enye si: Yehowa ƒe gbe enye si: Migavɔ̃ nya, siwo Asur-fia ƒe ɖekakpuiwo tsɔ ɖe alɔme le ŋunye nèse la o.


Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi.


Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.


Amekae akplɔm ayi du sesẽ la mee, eye amekae akplɔm vaseɖe Edom?


Eɖo ŋu bena: Esi Yehowa mele xɔxɔm na wò o la, afika nyea mato axɔ na wò? Lugbɔƒe loo alo weinfiãƒea?


Tete nukpɔla Xanani va Yuda-fia Asa gbɔ ɣemaɣi gblɔ nɛ bena: Esi nède me Aram-fia, eye mède me Yehowa, wò Mawu o la, eyata Aram-fia ƒe aʋakɔ ge le asiwò me.


Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite