Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 142:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 142:3
20 Referans Kwoze  

Kpɔ tanye tso adoboli, si woɖo nam, kpakple nu vlo wɔlawo ƒe mɔ̃wo me.


Yehowa, kpɔ tanye tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nadzram ɖo tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me, amesiwo ɖo ɖe tame be, yewoaɖe afɔ le tenye aƒu anyi.


Wòase ɣlikpɛ le woƒe aƒewo me, ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi; elabena woɖe ʋe, be yewoatsɔ aɖem, eye woɖo mɔ̃ na nye afɔwo.


Nu te nye gbɔgbɔ ŋu, eye nye dzi lulu ɖe menye.


Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu!


Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe adzudzɔ ene, eye nye ƒuwo biã hẽ abe dzo ene.


Medi Aƒetɔ la le nye xaxaɣiwo me; meke nye abɔwo me le zã, eye womedo agblɔ o; akɔfafa la, toxa ko nye luʋɔ le esem ɖo.


Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye.


Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ, eye alé nye alɔnu akplɔm le wò ŋkɔ la ta,


Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


Elabena Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi.


Elabena edze si nye mɔ nyanyɛ la, eye ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.


Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.


Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.


Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.


Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me.


Fɔ nado ɣli le zã le ŋudzɔɣi ƒe gɔmedzedze! Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋku me abe esi ene! Wu wò asiwo dzi nɛ le viwò, siwo dɔwuame na no te wo ŋu ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi la ƒe agbe ta!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite