Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 141:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ na wò abe fiẽvɔsa ene.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 141:2
23 Referans Kwoze  

Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi.


Miwu miaƒe asiwo dzi ɖo ɖe kɔkɔeƒe la gbɔ, eye mikafu Yehowa!


Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò.


Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!


eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.


Eye amesiwo katã vɔvɔ̃ ɖo le Israel ƒe Mawu ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋu la, kpe ta ɖe gbɔnye, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to, vaseɖe esime fiẽnuɖuvɔsaɣi ɖo.


Me alẽvi ɖeka le ŋdi, eye alẽvi evelia le fiẽ.


Eye Petro kple Yohanes woyi ɖe mawuxɔ me le gbedoɖaɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia dzi.


Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu ve la.


dzudzɔdovɔsamlekpui la kple eŋu kpoawo, ami sisi la kple dzudzɔdotike ʋeʋẽe kpakple agbadɔnuvɔ;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite