Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 140:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesiwo le nu vɔ̃ɖi susum ɖe dzi me, eye wole aʋawɔwɔ dim gbesiagbe;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 140:3
18 Referans Kwoze  

Ame vɔ̃ɖiwo te ɖe aga tso ƒoɖo me ke eye amesiwo koa aʋatso la, tra mɔ tso ɖɔ me ke.


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Ke emegbe la eɖua ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.


Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.


Yehowa be: Alakpadada le dowòme, eye wogbe sidzedzem le alakpadada ta.


Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla.


Adɔ ɖa tso dziƒo, ne wòaxɔ nam; ne amesi lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye la, le vlo ɖom hã, Sela; Mawu aɖo eƒe amenuveve kple nyateƒe ɖa.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.


Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.


Wogbɔ le fiẽ le gbe tem abe avũwo ene, eye wole tsa glãla tsam le ɖua me.


eya, amesi ƒe dzi me ayedzedze le, edoa va de tame ɣesiaɣi, eye wòdea dzra aƒe.


nye futɔwo ƒe nuƒoƒo kple woƒe susuwo ɖe ŋunye gbesiagbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite