Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 14:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 14:4
23 Referans Kwoze  

Trɔ wò dziku heliheli la kɔ ɖe dukɔ, siwo menya wò o, kpakple fiaɖuƒe, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi!


Trɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe dukɔ, siwo medze si wò o, kple ƒome, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi, elabena woɖu Yakob, ẽ, woɖui petepete, eye wogblẽ eƒe nɔƒewo.


Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.


Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Misee, mi amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe ame dahewo ŋu, eye mietsrɔ̃ hiãtɔwo;


Ne ame vlowo, nye ketɔwo kple nye futɔwo lũ ɖe dzinye, be yewoaɖu nye lã la, woakli nu adze anyi.


Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!


Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.


Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.


eyata kpɔ ɖa, megaɖe nukunu afia ɖe dzi ɖe dukɔ sia ŋu, nukunuwo ƒe nukunu wòanye, nunya abu ɖe woƒe nunyalawo, eye gɔmesese asi abe ɖe woƒe nugɔmeselawo.


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Alo ɖe wòakpɔ dzidzɔ le ŋusẽkatãtɔ ŋu, eye wòayɔ Mawu ɣesiaɣia?


Eyata woaɖe aboyo nye dukɔ le manyamanya me, woƒe ame ŋkutawo azu dɔwuitɔwo, eye tsikɔ awu woƒe amehawo ate wo ŋu.


Ameka nye ŋusẽkatãtɔ, ne míasubɔe, eye viɖe ka wònye na mí, ne míaɖe kuku nɛ?


nenema nye dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome.


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite