Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 139:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi; dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 139:23
13 Referans Kwoze  

Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


ekema nedam le nudanu nyuitɔ dzi, eye Mawu nadze si nye fɔmaɖimaɖi.


Sonu li de klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Dawid ƒe ha na henɔ la. Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim.


Ke wò Yehowa Zebaot, amesi drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe, eye nèdoa ayikuwo kple dziwo kpɔna la, na makpɔ wò hlɔ̃biabiawo ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya ɖee.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.


Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.


Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite