13 Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme.
13 Elabena wòe wɔ nye ememe ke; eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.
Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.
Wò asiwo wɔm, eye woɖɔm ɖo; fia nunyam, ne masrɔ̃ wò seawo!
Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!
Ɖe menye amesi mem ɖe vidzidɔ me la, me eya hã, eye ame ɖekae wɔ mí ɖe dɔme oa?
Yakob ƒe aƒe la kple Israel ƒe aƒe me ame mamleawo, miɖo tom, mi amesiwo metsɔ do agba ɖe ɖokuinye dzi tso dɔ me ke, eye metsɔ mi tso vidzidɔ me ke.
Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa.
Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me!
Ne ŋutilã blibo la katã nye ŋku la, afika nusese anɔ? Ne ŋutilã blibo la katã nye nusese la, afika ʋeʋẽsese anɔ mahã?