Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 136:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mida akpe na Yehowa, elabena enyo. Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 136:1
16 Referans Kwoze  

Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Mido akpe na Yehowa, elabena eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Mikafu Yehowa! Miɖa akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


eye Heman kple Yedutun kpakple ame tiatia susɔeawo, siwo ŋkɔ woŋlɔ la, kpe ɖe wo ŋu, ne wòadzi: „Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!“


Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Tete wòɖo aɖaŋu kple dukɔ la be, ne woho la, yeaɖo Yehowa ƒe hadzilawo, siwo ɖoa atsyɔ kɔkɔe hedzia kafukafuha la, akpablalawo ŋgɔ, eye woanɔ ha dzim be: Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!


Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.


Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.


Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu.


Mida akpe na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔ, eye miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome!


Wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom.


Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,


eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ.


Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite