Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 135:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eya, amesi nana alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu, ewɔa dzikedzo, ne dzi le wuwum, eye wòkplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒe;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke, edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza, eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 135:7
15 Referans Kwoze  

Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana alũ hona yia dzi le anyigba ƒe mlɔenu: ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Mibia tsidzadza Yehowa; Yehowa ye nana tsi dzana ɖe edza ɣi le kele me, enana dzi ɖona, eye tsi dzana na gbe me numiemiewo kalã


Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana atu hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu; ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.


mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi;


Ke Yehowa lɔ ya gãa ɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽa ɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la ɖi be, yeagbã.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Eƒo nu, eye ahomya tso hemli eƒe tsotsoewo.


amesi naa tsidzadza anyigba, eye woɖoa tsi ɖe lãnyiƒewo.


Esi eteƒe didi la, Yehowa ƒe gbe va Eliya gbɔ lɔ ƒe etɔna me bena: Yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia Axab, eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.


Ena ɣedzeƒeya ƒo le dziƒo ŋu, eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kplɔ dzieheya vɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite