Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne nye futɔ magagblɔ be: „Mede enu“ o, eye nye ketɔ matso aseye, le esi ke ɖe le tenye ta o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 13:5
18 Referans Kwoze  

eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ.


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.


Ame dzɔdzɔewo lakpɔe, eye dzika atso wo ƒo, eye woakoe be:


Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:


Nu le nye luʋɔ ŋu le wò xɔnɔme didi me wò nye sinu kpɔm mele.


Wò dzɔdzɔenyenye le abe Mawu ƒe towo ene, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ enye tɔ goglo; èxɔna na amegbelɔwo kple lãwo, wò Yehowa.


Ke boŋ Yehowa ƒe ŋku le amesiwo vɔ̃nɛ ŋu, amesiwo le eƒe amenuveve sinu kpɔm,


Ame vɔ̃ɖi kpɔa vevesese geɖe; ke amesi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, atsɔ amenuveve aƒo xlãe.


eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye xɔla ŋuti,


Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.


Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!


Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!


Eye alẽnyilawo gbugbɔ, eye wole ŋutikɔkɔe kple kafukafu tsɔm na Mawu le nusiwo katã wose, eye wokpɔ la ŋuti, abe alesi wogblɔ na wo la ene.


Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o!


Elabena mele gbɔgblɔm be, womegakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o; eye esi ke ɖe le nye afɔ te la, wole adegbe ƒom ɖe ŋunye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite