Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yaseɖe ɣekaɣi mana ŋugble dem le ɖokuinye me, eye nuxaxã anɔ nye dzi me gbesiagbe? Vaseɖe ɣekaɣi nye futɔ akɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 13:3
15 Referans Kwoze  

Azɔ Yehowa, mía Mawu, ve mía nu vie, ekpɔtɔ ame susɔea ɖewo ɖi na mi, eye wona agbadɔtsyoti mi le eƒe nɔƒe kɔkɔe la, ne mía Mawu nana míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe vie le miaƒe kluvinyenye me.


Elabena wòe nye xɔnametɔ na dukɔ ɖihiãwo, eye nèbɔbɔa ŋku kɔkɔwo ɖe anyi.


Yehowa be: Ne woƒe lãme tɔ dzo la, matu aglo na wo, eye mana woamu aha, ne woada alɔ̃ tegbetegbe, eye womaganyɔ akpɔ o.


Dawiɖ ƒe ha na dzekulawo ƒe henɔ.


Yonatan gblɔ bena: Fofonye he dzɔgbevɔ̃e va anyigba la dzi; kpo ɖa esi meɖe anyitsi ʋee sia nu me la, nye mo kɔ.


Ke Yonatan mese be, fofoa ka atam na dukɔ la o, eye wòdo atikplɔ, si le esi la, ɖa tso enu to anyiɖaɖa la me hede nu me, enumake eƒe mo ko.


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


Yehowa, do ŋu nusi dzo ɖe mía dzi la; ɖo ŋku anyi nakpɔ míaƒe ŋukpe ɖa!


Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.


Kpɔ nye hiã ɖa, eye naɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.


Melé fu amesiwo ku ɖe nu maɖinuwo ŋu la; ke nyea meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.


Kpɔ nye futɔwo ɖa, elabena wode ha, eye wolé fum ŋutasẽtɔe.


Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite