Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yehowa, vaseɖe ɣekaɣi naŋlɔm be ɖikaɖika, eye vaseɖe ɣekaɣi naɣla wò ŋku me ɖem?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu, eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me? Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 13:2
44 Referans Kwoze  

Oo, nukae ana nye dzeme nato le nye nuxaxa me! Nu te nye dzi ŋu le menye!


Nukaŋuti nye vevesesewo anɔ anyi ɖaa, eye nye abiwo anye abi vɔ̃e agbe kuku? Ezu nam abe tɔʋu, si blea ame, kple tsi, si metɔna ɖi o la ene.


Eƒe ketɔwo ƒe alɔ ɖe dzi, eye eme nyo na eƒe futɔwo, elabena Yehowa ye ɖo hiã nɛ le eƒe vodada sɔgbɔawo ta. Viawo dze ketɔwo ŋgɔ yi aboyo me.


Kpɔ ɖa, nusi nyea mekpe be, enye, eye wòdze ani la, enye be, ame naɖu nu ano nu, eye wòaɖu agbe ɖe eƒe agbagba, siwo katã wodze le ɣea te la ŋuti le eƒe agbe me ŋkeke, siwo katã Mawu tso nɛ la me; elabena esia nye eƒe gome.


Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔ na vana le dziɖeƒo ŋu.


Ne meɖi fɔ la, haha nam! Eye ne tɔnye dzɔ la, nyemafɔ ta dzi o, nye amesi nye ŋukpego, eye mele nye hiã leƒe kpɔm.


Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.


bena, mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi.


Hafi boŋ, esi megblɔ esiawo na mi la, nuxaxa yɔ miaƒe dzi me fũ.


Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.


Ɖiƒoƒo le eƒe avɔ toga, meɖo ŋu eƒe nuwuwu o. Tete wòyi to vevie, eye akɔfalaa ɖeke meli o. Yehowa, lé ŋku ɖe nye hiã ŋu, elabena futɔ la le asi tɔm akɔ!


Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém, eye mekpe hiã kple nuxaxa.


Yehowa, do ŋui be, wòe futɔ la do vloe, eye wò ŋkɔ ŋu dukɔ bometsila la ɖe alɔme le!


Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do?


Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, esi wole gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu la le?


Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!


tso ame vɔ̃ɖi, siwo dze dzinye, kple nye futɔ, siwo nyrã de to ɖem la, si me.


ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.


Ehe nya de dukɔwo ŋu, ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ da ɖikaɖika.


Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!


Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem,


Ester ɖo ŋu bena: Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia! Tete Haman ɖi vo le fia kple fiasrɔ̃ ŋku me.


Tete fia la gblɔ nam be: Nukaŋuti neɖo adã, evɔ mele dɔ lém hafi o? Menye nu bubua ɖekee o, ke boŋ nu xam nele le dzi me. Eyata vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ,


Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.


Saul gavɔ Dawid ɖe dzi, eye wòlé bli ŋkekeawo katã.


Gbawotsyogbe menɔ mawuxɔ la me kpli mi, eye mieɖo miaƒe asiwò ɖe gbɔnye kpɔ o; ke esia enye miaƒe gaƒoƒo kple viviti ƒe ŋusẽ.


Egblɔ be: „Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o.“


Elabena mele gbɔgblɔm be, womegakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o; eye esi ke ɖe le nye afɔ te la, wole adegbe ƒom ɖe ŋunye.


Dzidzi ƒo nye luʋɔ ŋutɔ! Eye wò Yehowa, vaseɖe ɣekaɣie?


Nukaŋuti nèŋlɔ mí be ɖikaa, eye negblẽ mí ɖi eteƒe didi ale?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite