Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 13:1
15 Referans Kwoze  

Nukaŋuti nèɣla wò ŋku me dem, eye nèle buyem wò futɔe?


Eto eƒe ɖekakpui me ŋkekewo ɖe eme eye nètsɔ ŋukpe tsyɔe. Sela.


Nukaŋuti nèŋlɔ mí be ɖikaa, eye negblẽ mí ɖi eteƒe didi ale?


Mawu, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Yehowa, ve nunya, elabena nu te ŋunye belibeli; da gbe le ŋunye, elabena ŋɔdzi lé nye ƒuwo!


Nyɔ, Aƒetɔ! Nukaŋuti nèle alɔ̃ dɔm? Fɔ, eye megatsɔ mí ƒu gbe ɖika o!


Aƒetɔ, ɣekaɣi nanɔ ekpɔm kple ŋku ava se ɖo? Ɖe nye luʋɔ tso woƒe gbegblẽ me, kple nye tenu la tso dzatavi si me!


Yehowa, tso! Mawu, kɔ wò asi dzi, eye megaŋlɔ hiãtɔ be o!


Gatrɔ ɖe mía ŋu, mía xɔname Mawu, eye nadzudzɔ wò adãwɔwɔ ɖe mía ŋu!


Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu?


ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o.


Tsɔ wò amenuveve ɖi ƒo na mí le ŋdi, ekema míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le míaƒe ŋkekewo katã me!


Eye mado dɔmedzoe ɖewo ŋu ɣemaɣi, magblẽ wo ɖi, eye maɣla nye ŋku me ɖe wo, be woatsrɔ̃ wo, dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe ava wo dzi; tete woagblɔ le ɣemaɣi bena: Menye esi Yehowa mele mia dome o la, vɔ̃ sia va mia dzi ɖo oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite