Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 128:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Aɖu wò ŋutɔ asiwò me nu; woayra wo, tɔwò me nyo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 128:2
18 Referans Kwoze  

Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


Yehowa ta eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ sesẽ. Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo woaɖu azɔ o, eye du bubu me tɔwo magano wò wein, si ŋu neku kutri ɖo la, azɔ o,


Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.


Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Ne nuvɔwɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nyee menyae be, eme anye na mawuvɔ̃la, siwo sia eƒe ŋku me.


„bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“


Ne ele aɖika dom le sedertiwo me la, ɖe nèbuna be, eyae nye fianyenyea? Fofowò hã ɖu nu, eye wono nu, ke edrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe, eye eme nyo nɛ.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi.


Aɖu wò lãwo kple wò agblemenuwo, vaseɖe esi natsrɔ̃ avɔ, eye bli, wein kple ami kpakple wò nyinɔ kple wò alẽnɔa ɖeke masusɔ na wò vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ o.


Àde weingble, eye awɔ dɔ le eŋu, ke makpɔ wein ano o, eye màgbe kutsetsea ɖeke hã o, elabena ŋɔwo aɖui.


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Fetɔ nehe eƒe nuwo katã ɖe akɔme, eye ame tutɔwo neha nusiwo wòwɔ ɖɔ kpɔ la!


Yehowa ana yayra nanɔ wò ava kple nusiwo katã netsɔ asi wɔ ɖɔ kpɔ la dzi, eye woayra wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite