Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 127:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Dzodzroe míefɔa fɔŋli, eye míelalana ʋuu kekeke hafi bɔbɔ nɔa anyi, be miaɖu míaƒe hiãbolo; alea kee wònaa nu eƒe eme vevi la le alɔ̃ mee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 127:2
17 Referans Kwoze  

Vɔ̃ gã, si mekpe le ɣen le la, enye be, kesinɔtɔ le eƒe nuwo ŋu dzɔm hena eya ŋutɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e.


Ede dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wein bɔ ɖe wo si.


Wò dzi adze eme, elabena mɔkpɔkpɔ li, atsa ŋu afisiafi, eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ.


Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela.


Esia ta menvɔ ɖo, eye mekpɔ be, nye alɔ̃ la vivi nam.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔwb katã la, nue wòwɔnɛ, ke womefaa nudzodzro nu gbeɖe o.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ena nu sesẽ kpe wò dukɔ la, eye néna wein mí míeno mu.


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite