eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.
Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.
Ke ebu Mardoxai ɖeɖeko wuwu numaɖinui; elabena woyɔ Mardoxai ƒe dukɔ nɛ. Eyata Haman di be, yeatsrɔ̃ Yudatɔ, siwo katã le Axasweros ƒe fiaɖuƒe blibo la me, siwo nye Mardoxai ƒe dukɔ la.