Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa be: Metso azɔ le ŋutasesẽ le hiãtɔwo ŋu kple ame dahewo ƒe hũɖeɖe ta, eye mahe xɔname vɛ na amesi le eyome dim la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 12:6
16 Referans Kwoze  

Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la.


Elabena wòe li kplim meƒua du ɖe aʋakɔwo dzi; nye Mawu li kplim metia kpo flɔa gli!


Mawu ƒe mɔ de blibo, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso.


Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzaa nunya.


Oo, Mawu, elabena èdo mí kpɔ, eye nèlòlo mí, abe alesi wolóloa klosalo ene.


Wò nya me kɔ ŋutɔ, eye wò dɔla melɔ̃a nu le egbɔ o.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Elabena ete ame dahe ɖe anyi, eye wògblẽe ɖi; exɔ xɔ, si metu o la sesẽe.


Elabena klosalofɔƒe li, eye sika, si wolólona la, teƒe li.


Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


elabena Yehowa awɔ woƒe dzre na wo, eye wòada adzo amesiwo da adzo wo la ƒe agbe.


Eyata Yehowa Zebaot be: Matso ɖe wo ŋu, Yehowa Zebaot be: Matsrɔ̃ ŋkɔ kple ame susɔeawo, viwo kple dzidzimeviwo ɖa le Babel ŋu.


Yehowa be: Azɔ matso, azɔ matsi tre, azɔ matso ɖe afa dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite