Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 118:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ awɔm?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 118:6
20 Referans Kwoze  

Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa ŋu ɖe ŋuwò.


Mawu ana be, makafu nya la, Yehowa ana be, makafu nya la.


Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?


Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Esi Saul kple Israel blibo la se Filistitɔa ƒe nyawo la, dzi ɖe le wo ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Dawid gagblɔ bena: Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me. Tete Saul gblɔ na Dawid bena: Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!


Mawu ana be, makafu yeƒe nyia la; Mawu ŋu maɖo ŋu ɖo, nyemavɔ̃ o, nuka ŋutilã awɔm ma?


Ekema nye futɔwo agbugbɔ ɖe megbe le gbesigbe mayɔ wo. Menya esia be, Mawu le dzinye.


Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?


Ameka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam, eye ameka ado ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ɖe nunye?


Dzi le eƒo mavɔ̃ o, vaseɖe esime wòakpɔ eƒe ketɔwo ta ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite