Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 113:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 113:3
14 Referans Kwoze  

Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Yehowa, nye agakpe, nye ma kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe!


Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.


Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Mawu, míele ŋku dom wò amenuveve dzi le wò gbedoxɔ titina.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.


Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.


Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite