Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 112:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Le viviti me gɔ̃ hã la, kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo, nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu, kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 112:4
26 Referans Kwoze  

Wò agbenɔnɔ me akɔ wu ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye ne edo viviti hã la, akɔ ahe ŋdi ene.


ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene,


Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.


Viwo, migana amea ɖeke naflu mi o: Amesi ke le nu dzɔdzɔe wɔm la, ame dzɔdzɔe wònye, abe alesi eya hã nye dzɔdzɔetɔ la ene.


Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.


Ne mienyae bena, dzɔdzɔetɔ wònye la, ekema midze sii be, amesiame, si le nu dzɔdzɔe wɔm la, egbɔ wodzi eya hã tso.


Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


Mikafu Yehowa! Miɖa akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.


Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.


Ahe wò dzɔdzɔenyenye ɖe go abe kekeli ene, kple wò nya dzɔdzɔe ɖe go abe ŋɖɔkutsu ene.


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Eyaŋuti la mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Ne èɖo nane ɖe tame la, adze edzi na wò, eye kekeli aklẽ ɖe wò mawo dzi.


esime eƒe akaɖi klẽ ɖe tanye me, eye meno eƒe kekeli me hezu to viviti me la:


Amenuvela kple dzɔdzɔetɔ enye Yehowa, nublanuikpɔla enye Mawu.


Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.


Amesi ti dzɔdzɔenywnye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.


Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò hayahaya ado kaba, wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ahe megbe na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite