Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 112:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 112:3
17 Referans Kwoze  

Kesinɔnu bɔ ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe me: ke gbegblẽ le ame vɔ̃ɖi ƒe nukpɔkpɔ me.


Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


eye dziɖeɖi, xɔname geɖe, nunya kple sidzedze anɔ wò ŋkekewo me; Yehowa-vɔvɔ̃ anye wò kesinɔnu.


Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee.


Gãnyenye kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.


Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye tsiƒomee aɖu wo abe kuntru ene; ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ dzidzimewo katã me.


dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee.


Ekema adze sii be, wò agbadɔ ŋu fa, eye ne èɖe ŋku de nɔwòƒe la, naneke mahiã wò o.


Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o.


Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o.


Nu xɔasiwo kple ami le nunya ƒe me, ke bometsila tsɔa wo doa dzodzoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite