Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 112:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋusẽ anɔ viawo ŋu le anyigba dzi, eye woayra dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe ƒome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Viawo anye ŋusẽtɔwo le anyigba la dzi, eye woayra dzi dzɔdzɔetɔwo ƒe dzidzime.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 112:2
12 Referans Kwoze  

Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.


Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.


Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.


Eƒe luʋɔ anɔ dzɔgbenyuie me, eye anyigba la anɔ viawo si me.


Ke wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewu nu metsona o.


Mana dzi ɖeka kple mɔ ɖeka wo, ne woavɔ̃m ɣeawo katã ɣi hena woawo ŋutɔ kple wo megbeviwo ƒe nyuie.


Le Abraham ƒe ku megbe la Mawu yra via Isak. Eye Isak nɔ „Agbetɔ, si le kpɔyem la“ ƒe vudo gbɔ.


sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.


Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite