Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 11:7
20 Referans Kwoze  

eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.


Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.


Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe.


Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eye wònana wobɔbɔ nɔa fiawo gbɔ le fiazikpuiwo dzi ɖaa, ne woatsi kɔkɔƒe.


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


Ne meɖo ŋu, alesi menɔa amehawo dome, eye mía kpli wo míeyia Mawu ƒe aƒe la me kple aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi le ŋkekenyuieɖulawo ƒe ha me la, nye dzi lólona gbanaa.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


Ke boŋ Yehowa ƒe ŋku le amesiwo vɔ̃nɛ ŋu, amesiwo le eƒe amenuveve sinu kpɔm,


Eli ŋusẽ anyi na fia, si lɔ̃a nu dzɔdzɔe la, eye nedo nusi dzɔ la te; ena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yakob.


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃; Yehowa ƒe amenuveve yɔ anyigba dzi taŋ.


Wò xɔname na eƒe ŋkɔxɔxɔ ɖe dzi; bubu kple atsyɔ̃ nètsɔ ɖe eŋu.


Amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee, elabena èkpɔ wo ta; amesiwo katã lɔ̃ wò ŋkɔ la, nado ɖe ŋuwò hoo!


Elabena nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa tu nuhaha vɔ̃ɖi; matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ, eye mabia mũ mava kpli wo.


Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.


Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu!


Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.


Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo.


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi, eyata Mawu, wò Mawu le si dzidzɔmi na wò ƒo hawòviwo ta.


Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa: ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite