3 Elabena wogbã gɔmeɖoɖoanyiwo ke hã, nuka ame dzɔdzɔe ate ŋu wɔ ma?
3 Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”
Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.
Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.
Viwòwo atso blemaƒedowo, eye afɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be „gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzradola, ne woatso aƒe ɖi.“
Elabena ne ɣeyiɣi, si meɖo, de la, madrɔ̃ nɔnu ɖe eteƒe.
Ke ame dzɔdzɔe alé eƒe mɔ ɖe asi sesĩe, eye asi dzadzɛ tɔ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.