Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 102:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Megaɣla wò mo ɖem le nye xaxagbe o, ƒu to anyi ɖe ŋunye! Netsɔ, naɖo tom le gbesigbe meyɔ wò!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 102:3
11 Referans Kwoze  

Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Eɖo dzo ɖa tso dzi me ɖe nye ƒuwo me, eye wòɖi hã ɖe dzinye. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo, wògbugbɔm ɖe megbe, ana mezu gbegbe, eye mele nuxaxa dzi ɖaa.


Elabena ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃, eye Yehowa ƒe ketɔwo nu ayi abe lãnyiƒe ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ene; wo nu ayi abe dzudzɔ ene.


Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi heflo le ŋunye, eye dzoxɔxɔ na nye ƒuwo fiã.


Ve nunye, Yehowa, elabena meɖo xaxa me, nuxaxa na nye ŋku, luʋɔ kple ŋutilã lé ayi.


Edze lã kple agbalẽ le ŋunye yaʋayaʋa, eye wògbã nye ƒuwo.


Elabena ne mele abe lãgbɔlẽgolo, si le dzokɔ ene hã, nyemɔŋlɔ wò ɖoɖowo be o.


Elabena wò aŋutrɔwo ɖo agu ɖe menye, eye wò asi te ɖe dzinye.


Megaɣla wò ŋku me ɖem o! Megatutu wò dɔla ɖa le dɔmedzoe me o! Wòe nye nye xɔname, megatsɔm ƒu gbe o, eye megagblẽm ɖi o, nye xɔname ƒe Mawu!


Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne naxɔ nam!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite