28 Ke wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewu nu metsona o.
28 Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me, eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”
Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.
Womãtu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.
Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.
„Mebia nu kple nye ame tiatia, eye meke atam na nye dɔla Dawid be:
Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.
Ɖe wò ŋkekewo le abe amegbetɔ ƒe ŋkekewo enea? Eye wò ƒewo le abe ŋutsu ƒe ƒewo enea?
Ameka wɔe heƒoe wòde go? Eya, amesi yɔ ƒomewo tso gomedzedzea me ke lae. Nye Yehowa enye gbãtɔ, eye alea ke mele na ame mlɔeawo!
Nyee li tso tititi ke, eye amea ɖeke maxɔ ame le asinye o; ne mewo nu la, ameka atrɔe?
Elabena nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.