Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 102:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 102:2
21 Referans Kwoze  

Ɖo tom, Yehowa, elabena wò amenuveve la nyo; le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu trɔ ɖe ŋunye!


Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ.


Megaɣla wò ŋku me ɖem o! Megatutu wò dɔla ɖa le dɔmedzoe me o! Wòe nye nye xɔname, megatsɔm ƒu gbe o, eye megagblẽm ɖi o, nye xɔname ƒe Mawu!


Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.


Dawid lɔ na henɔ la hena ŋkuɖoɖodzi.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o.


Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye ɖem, eye na mado le eme; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye naxɔ nam!


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Elabena fukpekpewo ɖe to ɖem taŋtaŋ, nye vodadawo lém, womele kpɔkpɔ me nam o; wosa gbɔ wu nye taɖa; eye nye dzi gblẽm ɖi.


Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye la ɖem!


Womã nye avɔwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


Nukaŋuti mẽtsɔ nye dzidadawo ke o, eye mèna nye vodadawo nu yi o? Elabena azɔ mele ke me mlɔ ge, eye ne èdim la, nyemaganɔ anyi o.


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.


Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, se nye dzɔdzɔe, ɖo to nye ɣlidodo, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o la ŋuti!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite