Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 101:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Magblẽ anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ŋdi sia ŋdi, ne matsrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe. Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe du la me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 101:8
16 Referans Kwoze  

Ke nye la matsɔe aɖe gbe ƒãe tegbee, eye madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la.


Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o!


Nu vɔɖi wɔwɔ enye ŋunyɔ na fiawo; elabena dzɔdzɔenyenye nana fiazikpui lia ke.


Fia, si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, ƒe ŋku dea vovo vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã me.


Etsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis-ʋuwo.


Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã;


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Fia nyanu ɖea vovo ame vɔ̃ɖiwo me, emegbe wònana wona luƒotasiaɖam toa wo dzii.


Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. Sela.


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


Elabena kpɔ da, wò futɔwo, kpɔ ɖa, wò futɔwo atsrɔ̃, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite