Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 101:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Metsɔ nye ŋku ɖo anyigba dzi nuteƒewɔlawo ŋu, be woana gbɔnye; amesi zɔa maɖifɔmɔ dzi la, eya asubɔm.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, anye nye nunɔla.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 101:6
16 Referans Kwoze  

Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku de wò sededewo ŋu.


Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Ne ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ ɖe dzi la, amewo ɣlaa wo ɖokui; ke ne wotsrɔ̃ la, ame dzɔdzɔewo dzina ɖe dzi.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.


Eyome woatsɔ kpe bubuwo aɖo kpe kemeawo teƒe, eye woatsɔ anyi bubu atre xɔ lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite