Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 101:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 101:2
22 Referans Kwoze  

Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku de wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu.


Ke wò la, ne èzɔ le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me ene, ne èwɔ pɛpɛpɛ, abe alesi mede se na wò ene, eye nèlé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,


Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.


Metsɔ nye ŋku ɖo anyigba dzi nuteƒewɔlawo ŋu, be woana gbɔnye; amesi zɔa maɖifɔmɔ dzi la, eya asubɔm.


Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò! Amesiwo dia wò xɔname la, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa lolo!


Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.


Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.


Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Ke womede nuxeƒewo ɖa le Israel o; gake Asa ƒe dzi nɔ blibo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Tete Aximelex ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Ameka le wò dɔlawo katã dome, si woa nuteƒe abe Dawid ene, amesi nye fia ƒe to, eye wònye amegã ɖe ŋuwò mewo nu, eye bubu le eŋu le aƒewò me?


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


gblɔ bena: Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi metsɔ nyateƒe kple ɖzi blibo zɔ le ŋkuwò me, eye mewɔ nu nyui le ŋkuwò me. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la.


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe; ɖem, eye nave nunye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite