Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 10:9
28 Referans Kwoze  

Woɖi dzata, si di be, yeavuvu nu, kple dzatavi, si be ɖi la.


Ɖem tso nu vlo wɔlawo si me, eye naxɔm tso hlɔmewo si me!


Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.


Nye ƒuwo katã agblɔ bena: Yehowa, amekae ɖe nuwò? Wò amesi ɖe hiãtɔ tso amesi tri akɔ wui la si me, kpakple hiãtɔ kple ame dahe tso amesi ɖa adzoe la si me.


Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ;


Lãkplɔviwo ƒe avi le ɖidim, elabena woƒe atsyɔ̃ gblẽ; dzataviwo le xɔxlɔ̃m, elabena wogblẽ Yordan ƒe avegoe la!


Etsɔ eƒe akplɔ ƒo ɖe ta na eƒe amegãwo, wonyẽ zi va, be woakam ahlẽ; wole aseye tsom abe ɖe wohe, yewoaɖu ame dahe le bebe me ene.


Ne nuléle mesu dzata si o la, ɖe wòxlɔ̃na le ave mea? Ɖe dzatavi ɖea gbe le emlɔƒe, ne mekpɔ lé nu haɖe oa?


Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi.


Sisiblisi, si ɖe xa ɖi, kple dzata, si le xa me, wònye nam.


Ayetɔ ɖoa ta me vɔ̃ɖi, edea adaŋu vɔ̃ be, yeatsɔ alakpanya agblẽ hiãtɔwoe, nenye be, ame dahe la to nya dzɔdzɔe hã.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya?


Ame vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la, le abe dzata ɖegbe kple sisiblisi dɔwui ene.


Ne wote ame dahe ɖe anyi la, eƒe nuwo ko wobe, nedzi ɖe edzi; ke ne wona nu kesinɔtɔ la, ahedada wònye wokplɔ ƒui.


Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.


Yehowa, kpɔ tanye tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nadzram ɖo tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me, amesiwo ɖo ɖe tame be, yewoaɖe afɔ le tenye aƒu anyi.


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.


Etsɔ ƒu he wo katã ɖe go, eɖe wo kple eƒe ɖɔ, eye wòlɔ wo trɔ ɖe eƒe aguɖɔe me. Eyata wòle dzidze kpɔm le aseye tsom ɖo.


Elabena ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ la dome, woɖe xa ɖi, eye wodo dɔgɔ̃e abe xevimɔ̃trela ene; wotre mɔ̃ heɖe amegbetɔwo!


Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la.


Elabena ele tsitre ɖe ame dahe la ƒe nuɖusi me, ne yeaxɔe tso amesiwo le fɔ bumee la si me.


ne wotsyɔ akɔ anyi ɖe dowo me, eye wode xa ɖe avedodoewo mea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite