Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe; eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 10:3
40 Referans Kwoze  

Wole nuƒoƒo yrom hele nya tovowo gblɔm; ame vɔ̃ɖiwo katã le ɖadzra ɖam.


Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo: gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wó ŋkuwò dzi ɖo? De Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu loo!


Amesiwo ɖe asi le se la ŋu la, kafua ame vɔ̃ɖiwo, ke amesiwo dzraa se ɖo la, dzea agbo ɖe wo ŋu.


Nukaŋuti mavɔ̃ le dzɔgbevɔ̃eɣiwo me, ne nye adikãtɔwo ƒe vodada ɖe to ɖem?


Woke woƒe nu baa ɖe ŋunye le gbɔgblɔm be: Ehɛ̃, ehɛ̃, míaƒe ŋkuwo kpɔe!


Adegbeƒolawo menɔa te ɖe ŋkuwò me o; èléa fu nu vlo wɔlawo katã.


Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, eye megblɔ na sika nyuitɔ be: wò ŋue mele ŋu ɖom ɖo;


Yehowa matsɔe akee o, ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ame ma ŋu, eye wòaʋã ŋui; fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, ava edzi, eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.


Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo!


Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o.


Azɔ la miheyi, mi amesiwo gblɔna bena: Egbe alo etsɔ míayi du si kple du si me, eye mianɔ afima ƒe ɖeka, eye míatsa asi, eye míakpɔ viɖe!


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.


kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa;


Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.


Baba na amesi tafaa ame na eƒe aƒe, ne wòawɔ atɔ ɖe dziƒo ʋĩ, be wòasi le dzɔgbevɔ̃e nu la!


Elabena wò ŋku kple wò dzi le viɖe kple ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖeanyi kple ŋutasesẽ kpakple fuwɔame ko ŋu.


Le eƒe ŋubiabia ƒe vodada ta medo dɔmedzoe, eye meƒoe ɖo, medo dɔmedzoe, eye meɣla ɖokuinye, tete wòdze go helé eƒe tamesusu ƒe mɔ tso.


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,


Elabena ne eku la, matsɔ nusiawo katã dometɔa ɖeke aɖo asi o, eye eƒe bubu makplɔe ɖo o.


Saul gblɔ bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve nunye!


Esi Yehowa kpɔ esia la, edo dɔmedzoe, eye wogbe viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo


Magbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye matutu miaƒe ɣelegbawo aƒu anyi, malɔ miaƒe ame kukuwo atrɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye miazu ŋunyɔnu nam.


Ke azɔ la miekana ɖe nu ŋu le miaƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me. Kakaɖenuŋu sia katã la vɔ̃ wònye.


Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye!


Eye ɖe aʋakɔ abe wò aʋakɔ, si tsrɔ̃ ene kple sɔwo abe sɔ kemeawo ene kpakple tasiaɖamwo abe tasiaɖam kemeawo ene, eye miawɔ aʋa kpli wo le gbadzaƒe, abe míasẽ ŋu awu wo o ene. Tete wòɖo to woƒe gbe hewɔ nenema.


Nusiwo katã mekpɔ le nye agbe me ŋkeke ƒuƒluawo me la, enye esi: Ame dzɔdzɔea ɖewo tsrɔ̃na ɖe woƒe dzɔdzɔenyenye me, eye ame vɔɖia ɖewo nɔa agbe ɖiɖie ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite