Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Egblɔna na eɖokui be, “Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 10:11
13 Referans Kwoze  

Tete wògblɔ nam be: Amevi, ele nusi Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ ɖesiaɖe le wɔwɔm le vivi me le eƒe xɔvi, si me nɔnɔmetatawo le me la kpɔma? Wole gbɔgblɔm be: Yehowa mele mía kpɔm o, Yehowa gblẽ anyigba la ɖi!


hele gbɔgblɔm be: Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la medze sii o!


Eye wole gbɔgblɔm be: Ɖe Mawu nyae, eye ɖe nunya le dziƒoʋitɔ la sia?


Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye.


Tete wòɖo ŋu nam bena: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe vodada sɔ gbɔ ŋutɔ, hlɔ̃dodo yɔ anyigba dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ le dua me fũ; elabena wole gbɔgblɔm be: Yehowa gblẽ anyigba la ɖi, Yehowa mele mía kpɔm o.


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


ne woaɖa ame maɖitɔ la le vivi me; zi ɖeka kasia wodae, eye dzika metso wo ƒo o.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Ke agbalẽfialaa ɖewo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afima, eye wole ɖi kem le woƒe dzi me bena:


Kpɔ ɖa, nya le dodom le wo nu blobloblo be: Amea ɖeke mehele esem o ɖe? Yi le woƒe nuyiwo dzi.


Woɖe dzi ƒo na wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye woɖo be, yewoatre mɔ̃ ɖe vivime hele gbɔgblɔm be: Amekae le ekpɔ ge?


Womegblɔ le woƒe dzi me kpɔ be, yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kala le ŋku dzi nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite