Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 1:6
17 Referans Kwoze  

Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam;


Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa: ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome?


Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.


Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ.


Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;


Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.


Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme.


Elabena edze si nye mɔ nyanyɛ la, eye ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.


Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.


Ke amesiawo le abe lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃ le woƒe dzɔdzɔme nu la ene: Wogblɔa busunya le nya, siwo womenya kura o la me, eye woatsrɔ̃ hã le woƒe gbegblẽ la me,


Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.


Ehe nya de dukɔwo ŋu, ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ da ɖikaɖika.


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


Ne nu te nye gbɔgbɔ ŋu la, ènyaa tonyeƒe. Woɖo adoboli ɖe mɔ, si dzi metona la dzi nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite