Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 4:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 4:14
14 Referans Kwoze  

Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.


Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.


Eye Yehowa gblɔ na fofonye Dawid bena: Esi nèɖoe ɖe ta me be, yeatu xɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be, nèɖoe de ta me.


bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede,


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Elabena edze wo ŋu, eye wonye woƒe fenyilawo hã; elabena ne trɔ̃subɔlawo kpɔ woƒe gbɔgbɔmenuwo gome la, edze bena, woawo hã woatsɔ woƒe xexemenuwo asubɔ woamawo.


Ke Yehowa gblɔ na fofonye Dawid bena: Esi nèɖoe ɖe ta mè be, yeatu xɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be, nèɖo esia ɖe ta me.


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


eye wotsɔ ŋukpedodowo kple xaxawo wɔmi du ƒe nukpɔkpɔ, eye míezu amesiwo wowɔ nenema ke la ƒe hadelawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite