Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi,

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 3:8
53 Referans Kwoze  

Elabena mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mia ŋuti la o.


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Gake nusiwo nye viɖe nam la, nu mawo ke mebu nu bubu le Kristo ŋuti.


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me,


Esi eƒe Mawu me ŋusẽ tsɔ nusiwo katã nyo hena agbe kple mawusosroɖa la, ke mi to sidzedze amesi tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ yɔ mi la me;


Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Le ŋkeke ma me la miadze sii bena, mele Fofonye me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me?


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Ɖe mienyam la, ne mienya Fofonye hã, eye tso esia dzi la míenyae, eye miekpɔe.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ,


Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.


Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo.


Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzadzɔ.


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo,


bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


Alo menye mia ŋuti pete wogblɔe ɖo oa? Mía ta woŋlɔe ɖo bena, amesi ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me; eye amesi tugua mɔli la, natugui le mɔkpɔkpɔ me, bena wòakpɔ gome le eme!


Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o.


Ke ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Mawu ƒe asibide dzi la, ekema mawufiaɖuƒe la ɖi ɖe mi.


Miade anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mi be, mianɔ edzi la dzi o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.


Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã?


Kpɔ ɖa, malã alɔ na mi, mahlẽ miaƒe ŋkekenyuiewo ƒe mĩwo ɖe mo na mi, eye woakɔ mi ayi wo gbɔe.


aɖo agu ɖikaa abe eƒe mi ene; eye amesiwo kpee la, abia be: Afika eyama le?


Eye Izebel ƒe kukua ano abe mi ene anɔ gbe me le Yezreel-gble me, ale be amea ɖeke mate ŋu agble be: Izebel enye si o.


eyata kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerobeam ƒe aƒe la dzi, eye matsrɔ̃ Yerobeam ƒe ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa le Israel, eye makplɔ Yerobeam ƒe aƒe la ƒiaƒiaƒia, abe alesi wokplɔa aɖuɖɔ ene.


Amekae le dziƒo nam? Nyemele naneke dim le anyigba dzi kpe ɖe ŋuwò o.


eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.


Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi le sidzedze Mawu kple Yesu, mía Aƒetɔ, la me.


Elabena ne nusiawo le mia me, eye wole agbɔ sɔm ɖe dzi la, mana mianye kuviatɔwo kple ame matsekuwo le sidzedze mía Aƒetɔ Yesu Kristo la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite