Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 3:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava,

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 3:20
36 Referans Kwoze  

Eyata azɔ míeganye ame tutɔwo kple amedzrowo o, ke boŋ míenye ame kɔkɔewo ƒe hadumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo,


esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.


Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe


le mɔkpɔkpɔ, si wodzra ɖo na mi le dziƒowo me, si miese tsã le nyanyuie ƒe nyateƒenya la me la ŋuti,


eye wòfɔ mi ɖe tsitre kplii, eye wòtsɔ mía kplii ɖo dziƒonutowo me le Kristo Yesu me,


Ke dzi le mia ƒo, eye wòdze mia ŋu wu be, míadzo le ŋutilã me, eye miana aƒe le Aƒetɔ la gbɔ.


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


Ke dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.


eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,


bena miele megbe le amenuvevenunanaa ɖeke me o, eye miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la lalam,


amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;


eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Nunyalawo ƒe agbemɔ do ta dzi, ne woaƒo asa na tsiẽƒe le anyi me.


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


Alesi ke anyigbadzitɔa le la, nenema ke anyigbadzitɔwo hã le; alesi ke dziƒotɔa le la, nenema ke dziƒotɔwo hã le;


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite