Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 3:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Mizu hanyesrɔ̃lawo, nɔviwo, eye milé ŋku ɖe amesiwo zɔna nenema ke la ŋuti, abe alesi míenye kpɔɖeŋu na mi ene:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 3:17
15 Referans Kwoze  

Nusiwo hã miesrɔ̃, eye miexɔ, eye miese, eye miekpɔ le gbɔnye la, nusiawo ke miwɔ, eye ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mi.


Eyaŋuti mele nu xlɔ̃m mi bena: Mizu srɔ̃nyelawo.


menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene,


menye ɖe ŋusẽ mele mía si o, ke boŋ bene míawo mia ɖokui kpɔɖeŋu na mi, bena miasrɔ̃ mí.


Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.


Elabena mia ŋutɔwo mienya alesi wòdze mi be, miasrɔ̃ mi; elabena míewɔ sakasaka le mia dome o,


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee.


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Lé ŋku ɖe eme maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si.


Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite