Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 negbe godo la made ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me la dometɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 3:11
17 Referans Kwoze  

Ame kuku mamleawo la womegbɔ agbe o, vaseɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu va yi. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ.


esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi.


Ke esi Paulo nyae bena, akpa ɖeka nye zadukitɔwo, eye akpa bubu nye farisitɔwo la, edo ɣli le ʋɔnudrɔ̃ƒe la gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo! Nye la farisitɔ kple farisitɔ ƒe vi menye, nukpɔkpɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ta wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.


Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ tu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu;


Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go,


Eyata nye hã, esi nyemegale ŋu do dzi o la, medɔ ɖo ɖa, bene manya miaƒe xɔse, bena misela tela te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.


Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.


bene negbe ɖeko mana nye ŋutilãtɔwo aʋa ŋu, eye maxɔ wo dome ɖewo ɖe agbe.


Marta gblɔ nɛ bena: Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.


eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.


Amesiwo le dzi ɖom ɖe woƒe nuwo ŋu, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomi.


Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me.


Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la;


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite